Mark 9:42-48

Nu vɔ̃ wɔwɔ ƒe tetekpɔwo

(Mateo 18:6-9; Luka 17:1-2)

42“Gake na ame aɖe awɔe be ɖevi sue siawo ƒomevi ɖeka abu xɔse si le eme ɖe ŋunye la, ne wotsi kpe gã aɖe ɖe kɔ nɛ tsɔe ƒu gbe ɖe ƒu me la, anyo nɛ wu sã.

43“Ne wò asi ɖia nu wò la, lãe ɖe. Enyo na wò be nage ɖe mawufiaɖuƒe la me kple asikpo wu be asi eve nanɔ ŋuwò nayi dzomavɔʋe la me, afi si dzo metsina le o. 44Afi si woƒe nyẽ mekuna le o, eye wometsia dzo hã le na le o. 45Ne wò afɔ ɖia nu wo la, lãe ɖa. Enyo na wò be nage ɖe agbe la me kple afɔkpo, wu esi afɔ eve nanɔ asiwò, eye woatsɔ wò aƒu gbe ɖe dzomavɔʋe la me. 46Afi si woƒe nyẽ mekuna le o, eye dzo la hã metsina le o. 47Eye ne wò ŋku ɖia nu wò la, hoe le eme. Enyo na wò be nayi mawufiaɖuƒe la me kple ŋku ɖeka wu be nayi dzomavɔʋe la me kple ŋku eve. 48Afi si woƒe nyẽ mekuna le o eye dzo la hã metsina le o,
Copyright information for EweBEE